1 Corinthians 9

Paulo ʋli eƒe apostolonyenye ta

1Ɖee nyemevo oa? Menye apostoloe menye oa? Ɖe nyemekpɔ Yesu míaƒe Aƒetɔ la oa? Ɖe menye miawoe nye nye dɔ si mewɔ na Aƒetɔ la ƒe metsonu oa? 2Ne ame bubuwo mebum ɖe apostolowo me o hã la, miawo ya mienyae be apostoloe menye elabena dzinyee mieto hafi zu kristotɔwo fifia. 3Esia koe nye nya si le asinye na ame siwo nɔa ɖi kem kplim la.

4Ale ke bum miele le ŋutinye? Ɖe mɔɖeɖe meli be mava dze mia gbɔ abe apostolo bubuawo ene le nye mɔzɔzɔwo me oa? 5Ne ɖe srɔ̃ le asinye eye eya hã nye kristotɔ la, ɖenyemate ŋu akplɔe ɖe asi le nye mɔzɔzɔwo me abe ale si apostolo bubuawo, Yesu nɔviawo kple Kefa hã wɔna ene oa? 6Alo miesusu be nye kple Banabas koe anɔ fu kpem anɔ dɔ wɔm be míakpɔ mía ɖokuiwo dzi, le esime miawo miele ame bubuawo dzi kpɔm nyuie ɣesiaɣi? 7Miese kpɔ be asrafo si le aʋagbedzi la kpɔ eya ŋutɔ ɖokui dzi le aʋagbedzi kpɔa? Alo miese kpɔ be agbledela mekpɔ mɔ aɖu eya ŋutɔ ƒe agblemenukuwo oa? Alo lãnyila kae mekpɔ mɔ ano nyinotsi si wòfia tso eƒe lã ƒe nowo me la ƒe ɖe o? 8Menye amegbetɔwo ƒe susu ko gblɔm mele o; Mawu ƒe se gɔ̃ hã ɖo kpe nu siawo dzi pɛpɛpɛ. 9Elabena woŋlɔe ɖe Mose ƒe segbalẽa me be, “Megabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Nyitsuwo ŋue Mawu tsi dzi ɖoa? 10Ɖe menye míawo tae wògblɔ nya sia ɖo oa? Ẽ, míawo tae, elabena Mawu di be yeafia be ele be woaxe fe na ame siwo le eƒe dɔ vovovowo wɔm, eye ame siwo dome wole dɔ aɖe wɔm le la, woe adzɔ ga axe fe na dɔwɔla la. Ele be apavi siwo ŋlɔ agble me eye wodo nukuawo la nakpɔ gome nenye be agblemenukuawo va tsi. 11Míedo gbɔgbɔmenuku nyuiwo ɖe mia ƒe dziwo me. Eya ta ne míebia nuɖuɖu kple avɔtata tso mia gbɔ la, megblẽ kura o. 12Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣesiaɣi. Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ alea la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Yesu Kristo ƒe nya si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti.

13Nɔviwo, ɖe mienyae be Mawu ŋutɔ ɖe mɔ na ame siwo nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me be woatsɔ nunana siwo amewo tsɔ vɛ na Mawu la ƒe ɖe awɔ wo ŋutidɔ faa oa? Ame siwo hã wɔa dɔ le Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋu la ɖua nuɖuɖu siwo amewo tsɔ vɛ be yewoatsɔ sa vɔe na Mawu la ƒe ɖe faa. 14Nenema ke Mawu de se be ame siwo dome wole mawudɔwɔm le la nakpɔ mawunyagblɔla la dzi. 15Gake nyemebia pesewa ɖeka hã tso mia gbɔ kpɔ o. Menye ɖe mele esia gblɔ be miabu be ɖe medi be miaɖo ga ɖem azɔ o. Le nyateƒe me, ne dɔ wum meku la enyo wu be maxɔ ga le mia si eye mabu dzidzedze gã si mekpɔna ne megblɔ mawunya na mi faa. 16Elabena nyemedze na kafukafu tɔxɛ aɖeke le nye mawunyagbɔgblɔ ta o. Ele nam kokoko be manɔ egbɔgblɔ dzi ɣesiaɣi madzudzɔmadzudzɔe. Ne mekatsa dzudzɔ la baba nam!

17Nenye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nue metsɔ le dɔa wɔm la, ekema maxɔ nunana tɔxɛ tso Aƒetɔ la gbɔ. Gake mele eme alea o, ke boŋ Mawu ŋutɔe tiam tsɔ dɔ xɔasi sia de asi nam, eya ta nyemate ŋu agbe o. 18Le esia ta la, nye fetu ko enye dzidzɔ tɔxɛ si yɔa menye ne megblɔ mawunya na amewo faa, naneke maxɔmaxɔe.

19Viɖe tɔxɛ aɖe le esia me eye eyae nye bena, ame aɖeke mate ŋu azi dzinye le mɔ aɖeke nu o, elabena ame aɖeke kura mele fe xem nam o. Gake melɔ̃ faa be mabɔbɔ ɖokuinye na ame sia ame ƒomevi ale be to esia me la mate ŋu akplɔe va Yesu Kristo gbɔ. 20Ne mele Yudatɔwo dome la, mewɔa nu sia nu abe Yudatɔ ene ale be woalɔ̃ aɖo to nyanyui si gblɔm mele na wo la. Ne mele Helatɔ siwo lé Yudatɔwo ƒe kɔnuwo kple sewo me ɖe asi hã gbɔ la, nyemehea nya ɖe wo ŋu kura o togbɔ be nyemelɔ̃ ɖe nu sia nu si wowɔna la dzi hafi o; elabena medi be makpe ɖe wo ŋu boŋ. 21Ne mele trɔsubɔla tsiɖitsiɖiwo dome la, medzea agbagba sea woƒe nuwɔnawo gɔme negbe ɖe ko nyemedana le kristotɔwo ƒe sewo dzi o. To esia me la woxɔa dzinye sena ale be mekpɔa mɔ kpena ɖe woawo hã ŋu.

22Ne mele ame siwo ƒe xɔse meli ke tututu haɖe o la dome la, megbɔa dzi ɖi na wo ale be woalɔ̃ be makpe ɖe yewo ŋu. Ẽ, medzea agbagba be masɔ kple ame sia ame le mɔ ɖe sia ɖe dzi, ale be makpɔ mɔnu aɖe kokoko aƒo nu nɛ tso Kristo ŋu bena wòakpɔ ɖeɖe to egbɔ. 23Mewɔ esia be makaka nyanyui la na amewo katã eye to esia me la, nye hã maxɔ yayra tɔxɛ aɖe.

Ʋiʋli sesĩe na dziɖuɖufetuxɔxɔ

24Miɖo ŋku edzi nyuie be, ne wole duƒuƒu ƒe hoʋiʋli wɔm la, ame ɖeka pɛ koe xɔa dziɖuɖukplu la le hoʋlilawo katã dome. 25Ne ame aɖe di be yeaxɔ dziɖuɖukplua la, ele nɛ be wòazi eɖokui dzi eye wòadzudzɔ nu geɖewo wɔwɔ ale be wòate ŋu adzra eɖokui ɖo nyuie. Amewo wɔa esia bena woaxɔ dziɖuɖukplu si gblẽna le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Ke míawo ya miele esia wɔm bena míaxɔ dziɖuɖukplu si le dziƒo si megblẽna gbeɖe o. 26Eya ta nyemele dudime kem taɖodzinu manɔsitɔe o, eye nyemele kɔ dam abe ŋutsu si le kɔ dam ɖe yame la ene o. 27Ke boŋ meƒoa nye ŋutilã hewɔnɛ nye kluvii ale be nyemabu dziɖuɖufiakuku la o le esime wonye nyee gblɔ agbenya la na amewo hafi.

Copyright information for EweBEE